Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:13
20 Mawu Ofanana  

Elabena Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ nu la ŋu, eye wovɔ̃ mawu bubuwo.


Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la.


Elabena ŋu akpe mi le logoti, siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu, eye miaƒe mo atsi dã le aba, siwo mielɔ̃na la ŋu.


amesiwo ƒe lãme le fiefiẽm ɖe legbawo ŋu le ati damawo katã te, mi amesiwo wu mia viwo ɖe balimewo le agakpetowo te la oa?


Etu mlowòƒe ɖe to, si ko bobobo la dzi, eye nèyi edzi, be nawu vɔsalã.


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima.


mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo ɖo dziku nam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔwo le Egipte-nyigba dzi, afisi mieyi, be miaɖanye amedzro le, ne miatsrɔ̃ mia ɖokui, eye miazu ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu le anyigba dzi dukɔwo katã domea?


Etsɔ wò avɔwo dometɔa ɖewo wɔ nuxeƒe ŋɔŋɔewoe, eye nèwɔ gbolo le afima, nusi tɔgbe meva eme kpɔ o, eye mele eme va ge akpɔ o.


èwɔ nuxeƒewo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi, eye nedo ŋunyɔ wò tugbedzedze; èke ata na amesiwo katã va yina, eye nena wò gbolowɔwɔ sɔ gbɔ ɖe edzi.


Eye miadze sii bena, nyee nye Yehowa, ne miaƒe ame tsiaʋawo tsi miaƒe legbawo dome ƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛ kɔkɔwo katã dzi, le towo katã ta me, le ati damawo katã kple logoti dodowo katã gome, teƒe, siwo wodo dzudzɔ ʋeʋẽe na woƒe legbawo katã le.


Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!


Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.


Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Srɔ̃wò awɔ gbolo le dua me, wò ŋutsuviwo kple wò nyonuviwo atsi yi nu, eye woatsɔ dzidzeka amã wò anyigbae, wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa