Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:10
18 Mawu Ofanana  

Le Yoyada ƒe ku megbe la Yuda-amegãwo va de ta agu na ha la, eye fia la ɖo to woƒe gbe.


Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


Nu le ame dzɔdzɔe si wòaɖu aɖi ƒo; ke dɔkoe le ame vɔ̃ɖi ƒe ƒodo wɔm.


Miawo mietrɔ egbe siawo, eye miewɔ nusi nyo le ŋkunye me, be miede gbe ƒã ablɔɖe na mia haviwo, eye miebla nu le ŋkunye me le aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me.


Yehowa be: Esi wogblẽ nye se, si metsɔ ɖo wo ŋku me la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o,


Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.


Ame gɔmezɔlawo le mewò, ne woakɔ ʋu ɖi, woɖua nu le towo dzi le mewo, eye wowɔa ŋukpenanu le mewo.


Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi.


Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã.


Magblẽ abolo, si nye miaƒe agbe la dome, eye nyɔnu ewo aƒo abolo de kpo ɖeka me, eye woaxlẽ abolo de do nu na mi, eye miaɖui maɖi ƒo na mi o.


Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.


eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa