Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:5
33 Mawu Ofanana  

Aleke du wɔnuteƒe, si me nya dzɔdzɔe no tu la, zu gbolo? Afisi dzɔdzɔenyenye na tsã la, hlɔ̃dolawo li fifia!


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Elabena Yuda, alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema nu wò mawuwo le ɖo, eye míeɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem-blɔwo ƒe xexlẽme nu na ŋukpenamawuwo, ne míado dzudzɔ le vasamlekpulawo dzi na Baal.


Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo.


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o.


Eyata, wò gbolo, se Yehowa ƒe nya!


Matso wò ade asi na wo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo ahamũ wò nuxeƒewo aƒu anyi, woaɖe ava le ŋuwò, eye woaxɔ wò atsyɔ̃nuawo ahagblẽ wò ɖi natsi ama anɔ ƒeƒle.


Gbesigbe wodzi wò la, wometso ƒoƒolika na wò o, eye womele tsi na wò, be ŋuwò nadza o, womesi dze na wò o, eye wometsɔ wò mlɔ tsihe dzi o.


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“


Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò.


Elabena woyi Asur; gbetedzi la, eya ɖeka koliae nɔa anyi, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwe.


Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.


Le ɣemaɣi la tsikɔ awu ɖetugbi dzetugbeewo kple ɖekakpuiwo, eye gbafa aƒo wo;


Eye Filistitowo ƒe amegãwo va kpe ta, be woasa vɔ na woƒe mawu Dagon, eye wotu aglo gãa ɖe hegblɔ bena: Mia mawu tsɔ míaƒe futɔ Simson de asi na mí!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa