Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe,

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:21
15 Mawu Ofanana  

Elabena alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la,


Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.


Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Eƒe alɔwo ava dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene.


Eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ na eƒe dukɔ bena: Kpɔ ɖa, maɖo bli, aha yeye kple ami ɖe mi, ne miaɖu aɖi ƒo, eye nyemagana ŋu nakpe mi le dukɔwo dome azɔ o.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


eye makplɔ wo vɛ, ne woanɔ Yerusalem, woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa