Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:15
33 Mawu Ofanana  

Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.


eye woxɔ eƒe nyawo dzi se hedzi ha le eƒe kafukafu ŋu.


Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,


Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axorbalime la azu nyiwo ƒe akɔtsyɔƒe hena nye dukɔ, si biaa tanye sena la.


Woatu xɔ anɔ eme, eye woaɖe weingble aɖu eme kutsetse.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena:


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi.


Azɔ ɖe mède asim yɔyɔ me be, ye fofo kple yeƒe ɖekakpuime xɔlɔ̃e menye oa?


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woagaƒle xɔwo, agblewo kple weingblewo le anyigbã sia dzi.


Mene esia nade dzigbɔ nam, eyata mele mɔ kpɔm be:


Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.


maɖo ŋu nye nu, si mebia kpli wò le wò ɖevimenɔɣi, eye mabia nu mavɔ kpli wò.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne meƒo Israel ƒe aƒe la nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome wokaka ɖo dome la, ekema makɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ŋuti le dukɔwo ŋku me, eye woano woƒe anyigba, si metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi.


Woanɔ edzi bɔkɔɔ, eye woatu xɔwo ahade weingblewo; ne medrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã le vlo dom wo le goawo katã me la, woawo ano anyi bɔkɔɔ, eye wòadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu.


Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.


Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo.


Eye Efrayim gblɔ be: Mekpɔ ho, eye kesinɔnu su asinye, womekpɔ vodadaa ɖeke le nye dɔwɔwɔwo katã ŋu, si nye nuvɔ̃ o.


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o.


Magaɖo nye dukɔ Israel te, eye woatso du zuaƒedowo anɔ wo me, woade weingblewo anɔ wo me wein, eye woatɔ abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.


Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.


Ɣemaɣi Israel-viwo dzi ha sia bena: „Vudo, dzi! Midzi ha ɖe eŋu!


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Eye Israel-viwo ƒe ŋku dzo le Yehowa, woƒe Mawu la dzi, amesi ɖe wo tso woƒe futɔwo katã, siwo ƒo xlã wo godoo la si me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa