Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyata ne azã ɖo edzi la, maɖe bli kple wein ɖa, eye maxɔ nye ɖeti kple nye anazi, si wòtsɔna xea eƒe amae la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã; eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:11
17 Mawu Ofanana  

Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le teƒe sia le mia ŋku me le mia ŋɔli.


Eye matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi kple dzidzɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, tetutu ƒe ɖiɖi kple akaɖi ƒe keklẽ nu le wo dome.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Matsi wò hadzidziwo ƒe ɖiɖi nu, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.


Yakatsyɔ miawo do, ŋusẽ nava le mia ŋu, elabena anyigba mawɔ nu o, eye agblemetiwo matse ku o.


Melé fu miaƒe ŋkekenyuiewo, eye metsri wo, eye nyemaʋẽ miaƒe takpegbewo ase o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa