Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:6
23 Mawu Ofanana  

Eye esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo, siwo nètsɔ na wo dome, eye wole anyigba nyadri wɔnu, si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o.


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Elabena èŋlɔ wò xɔxɔ ƒe Mawu la be, eye meɖo ŋu wò sitsoƒe ƒe agakpe la o; eyata nede agble nyowo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe weinka ɖe wo me.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi neŋlɔm be, eye netsɔm ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ anɔ dziwò.


wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta —


Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.


Eɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu, si ƒe dɔme nèdzɔ tso la be.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa