Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:14
32 Mawu Ofanana  

eye wòve enu hegblɔ bena: Ɖee, ne magayi yɔdo me o, elabena wolé avum la,


Eƒe dɔmegbɔ nye sonugaglɛ ɖaɖɛwo, eye wòɖena ɖe ba me abe luƒotasiaɖam ene.


Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.


Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye.


Woyi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye ku nye wo kplɔla; ame dzɔdzɔewo nyã avuzi le wo dzi le ŋdi, eye woƒe nɔnɔme nyunyɔ, elabena tsiẽƒe zu woƒe nɔƒe.


Ke Mawu ade nye luʋɔ atso tsiẽƒe si me, elabena axɔm de eɖokui gbɔ. Sela.


Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.


Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Yehowa be: Egbem, eye nède megbe, eyata mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsrɔ̃ wò, nublanuikpɔkpɔ tim.


Ŋutsu ma nenɔ abe du, siwo Yehowa trɔ bu anyi, eye mevee o la ene! Nese aƒadodo le ŋdi kple aʋaɣli le ŋdɔ!


Ale Yehowa gblɔ esi; eya amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me, eya amesi de adã ta me na atsiaƒu, be eƒe tsotsoewo nadze agbo la, eŋkɔ enye Yehowa Zebaot:


Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe!


Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.


Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.


Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Elabena ne wo gbegbe la nye avuléle xexeme la, nuka anye woƒe xɔxɔ la, negbe agbe, si tso ame kukuwo dome mahã?


elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.


Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa