11 Mena fia wò le nye dɔmedzoe me, eye magaxɔe le nye dziku me.
11 Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.
Anyigbadzitɔwo ƒe vodadawo nana emegãwo sɔ gbɔna, eye to nugɔmesela nyanu ɖeka dzi nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɔa anyi dedie.
Ekema woagblɔ bena: Fiaa ɖeke mele mía si o; míegbe Yehowa vɔvɔ̃, nukae fia awɔ na mí ma?
Samaria ƒe fia abu abe futukpɔ le tɔ ŋgɔ ene.
Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.
Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.
Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.
Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!
Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.
Azɔ miaƒe fia, si mietia, eye miebia la, enye si! Kpɔ ɖa. Yehowa ɖo haɖe mia nu.
Samuel gblɔ na Saul bena; Nyemagbugbɔ kpli wò o; elabena ègbe Yehowa ƒe gbe, eye Yehowa hã gbe wò be, magaɖu fia ɖe Israel nu o.
Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.