Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:10
26 Mawu Ofanana  

Eye wòva me, esi Israel blibo la se bena, Yerobeam trɔ gbɔ la, wodɔ ame woyi ɖayɔe va ameha la gbɔe, eye wotsɔe ɖo fia ɖe Israel blibo la dzi; wo dometɔa ɖeke meku ɖe Dawid ƒe aƒe la ŋu o, negbe Yuda-to la ɖeɖe ko.


Ke Asur-fia kpɔ be, Hosea ɖo nugbe ɖe eŋu, elabena edo ame ɖo ɖe Egipte-fia So, eye megatsɔ nunana vɛ na Asur-fia abe ƒe sia ƒe ene o; tete Asur-fia lée, eye wòblae tso de gaxɔ me.


Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.


Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu!


Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò.


Ke Mawue nye fianye tso blema ke, amesi wɔ xɔnamedɔwo le anyigba dzi.


Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me.


Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.


Nye Yehowa enye miaƒe kɔkɔetɔ, nye Israel ƒe wɔla enye miaƒe fia.


Ke afika wò mawu, siwo nèwɔna ɖokuiwò la le? Woawo nètso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã? Yuda, elabena alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo sɔ gbɔe!


Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?


Míaƒe agbegbɔgbɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la, ge ɖe woƒe ʋe me; eya amesi ŋu míegblɔ le be: Míanɔ agbe le eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la.


Ekema woagblɔ bena: Fiaa ɖeke mele mía si o; míegbe Yehowa vɔvɔ̃, nukae fia awɔ na mí ma?


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.


Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa