Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:1
26 Mawu Ofanana  

ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.


Emegbe Yerobeam gbugbɔ Sixem tso de Efrayim-to la dzi hena eme; eyome woʋu tso afima ɖagbugbɔ Penuel tso.


Amewo léa to de ŋunye henɔa nye asinu dzɔm, eye wozina vi ɖe nye adaŋudede ŋu.


Ne meƒo nu la, amea ɖeke megaƒonɛ o, eye nye nyawo nyɔna ɖe wo dzi.


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.


Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.


Medze sii be, nyee na bli, wein kple ami, klosalo kple sika geɖe, siwo ŋu dɔ wòwɔ na Baal lae o.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.


Eyome Efrayim-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame; woƒe aʋakɔ la ƒe tatɔ enye Elisama, Amihud vi.


Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua.


Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me;


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Tete Efrayimtɔwo ƒo ƒu ho va anyiehe, eye wogblɔ na Yefta bena: Nukaŋuti nèho ana ɖe Amon-viwo ŋu, eye mèyɔ mí, be míayi kpli wò oa? Miatɔ dzo wò xɔ ɖe dziwò!


Tete Efrayim-ŋutsuwo gblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi neho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, negbe mia yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie.


Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa