Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke wò la trɔ de wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la do, eye naɖo dzi de wò Mawu ŋu ɖaa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 12:7
28 Mawu Ofanana  

Yehowa, wò ɖeɖe la ko lalam mele!


Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.


Nudanu nyui kple nudada nyui tso Yehowa gbɔ, eƒe nuwɔwɔ enye nudakpewo le akplo me?


amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi. Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Elabena nye xɔname tu aƒe, ne wòava, kple nye dzɔdzɔenyenye, ne wòaɖe eɖokui afia.


Eye gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem enye si: Wò dzɔƒe kple dziwòƒe enye Kanaan-nyigba; Amoritɔe nye fofowò, eye Xititɔe nye dawo.


Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.


wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta —


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!


Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Ze, siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu: akɔ na Yehowa Zebaot; vɔsalawo katã ava atsɔ wo aɖa nu le wo me, eye nudzrala ɖeke maganɔ Yehowa Zebaot ƒe me le ɣemaɣi o.


Eye wògblɔ bena: Esia enye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Tete wòtigii ɖe nudotree la me, eye wòtsɔ tsumigba tu enu.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa