Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Yehowa kplɔ Israel tso Egipte to nyagblɔɖilaa ɖe dzi, eye wòna nyagblɔɖilaa ɖe kpe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 gake Efraim do dɔmedzoe na Yehowa vevie. Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi, eye wòaɖo eteƒe nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 12:14
16 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


Eye ne edzi vi sẽŋuta, si kɔa ʋu ɖi, amesi wɔa nusiawo dometɔa ɖe,


eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi.


Ne ese kpẽa ƒe didi, eye mena woxlɔ̃ nui o la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ dzi; ke ne ame ma na woxlɔ̃ nui la, ade eƒe agbe.


Atrɔ ɖe ƒukpewo ŋu, eye wòaxɔ geɖewo; ke aʋafiaa ɖe atsi eƒe vloɖoame la nu, eye magado vloe azɔ o.


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe ɖoɖowo kple Axab ƒe aƒe ƒe nuwɔnawo katã ŋu, eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu, ne matsɔ wò awɔ gbegbee, duametɔwo nazu tsiãdonu, eye nye dukɔ ƒe ɖzu uauɔ mia dzi.


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Eye dukɔ, siwo katã dome Yehowa anyẽ wò aɖo ɖo la, aɖe ao ɖe ŋuwò, woatsɔ wò awɔ lodonya kple alɔmeɖenui.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa