Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Meƒo nu kple nyagblɔɖilawo, mede ŋutega gedewo fia, eye mede lowo to nyagblɔdilawo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 12:11
18 Mawu Ofanana  

Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe.


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Ke afika wò mawu, siwo nèwɔna ɖokuiwò la le? Woawo nètso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã? Yuda, elabena alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo sɔ gbɔe!


Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la


Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.


Woƒe dzi dze eve, eyata woakpɔe ɖe enu; agbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye wòagblẽ woƒe legbawo.


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Gilead enye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye nu ƒoe.


Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.


Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! Misa miaƒe vɔwo ŋdi sia ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka sa vɔe ŋkeke etɔ̃etɔ̃.


Ke migabia Betel ta se o, migava Gilgal o, eye migayi Beer-Seba o; elabena Gilgal ayi aboyo me, eye Betel atsrɔ̃.


Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa