Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 11:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 11:5
20 Mawu Ofanana  

Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Mof aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye aŋɔka amie ɖe woƒe agbaɖɔwo me.


Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!


Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa