Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 11:4
14 Mawu Ofanana  

Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.


Eye Mose gblɔ bena: Se, si Yehowa de, enye si: Midzra gomer ɖeka ɖo hena miaƒe dzidzimeviwo, bena woakpɔ abolo, si mena mieɖu le gbedzi, esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la.


Kplɔm yii, na míaɖe abla! Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wein; amewo lɔ̃a wò ɖe eteƒe.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena miaganye kluviwo na wo o; meŋe kɔkuti ɖa le kɔ dzi na mi, eye mievo le yiyim.


Eye nye la, ne woakɔm ɖe dzi tso anyigba dzi la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnye.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


nenema Yehowa ɖeɖe kplɔe, eye mawu bubua ɖeke mekpe ɖe eŋu o.


Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa