Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:5
20 Mawu Ofanana  

Negbe Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo nye sikanyivi le Betel kple Dan, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la, ŋu ko Yehu meɖe asi le o.


Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.


Eɖe legba nunɔla, siwo Yuda-fiawo ɖo, be woasa vɔ le nuxeƒewo le Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me la ɖa, hekpe ɖe amesiwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã la ŋuti.


Ke eya ŋuta ɖo nunɔlawo na nuxeƒewo kple azizãwo kpakple nyivi, siwo wòwɔ.


Azɔ miele susum be, yewoate ŋu anɔ te ɖe Yehowa ƒe fiaɖuƒe, si le Dawid viwo si me la nu, le esi miesɔ gbɔ fũ, eye sikanyivi, siwo Yerobeam tsa wo mawuwo na mi la, le mia gbɔ ŋuti.


Wo katã wodo dɔgɔe, eye womũ, womate ŋu axɔ agba la o, eye woawo ŋutɔ wozɔ yi aboyo me.


Ke wogale nuvɔ̃wɔwɔ dzi; wotsɔ woƒe klosalowo kɔ nɔnɔmewoe, eye wotsɔ woƒe aɖaŋu wɔ legbawoe; gbede ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye; woawoe woƒoa nu na, eye vɔsalawo gbugbɔa nu na nyiviwo!


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!


Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.


Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzo abe xevi ene, vidzidzi kple fulɔfɔa ɖeke manɔ anyi o.


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu;


Ke menye dɔ sia me ɖeɖeko gblẽ ge woala na mí be, woaɖo vloe o: ke womabu mawunɔ Diana gã la ƒe gbedoxɔ la hã nanekee o, eye eƒe gãnyenye, si Asia blibo la katã kple xexeme godoo subɔna la, hã atsrɔ̃.


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


Eɖo ŋu na wo bena: Mietsɔ nye mawu, si mewɔ la, eye miekplɔ nunɔla hã dzoe. Nuka gakpɔtɔ nam, hafi miele biayem be, nya ka dzɔ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa