Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Aɖe gã le nu me na wo, wokaa atam dzodzro, eye woblaa nu kple wo nɔewo, ale be ʋɔnudɔdrɔ̃ amie abe aɖigbe le boliƒo dzi le agble me ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii, eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:4
16 Mawu Ofanana  

Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


Elabena mekpɔ wò bena, èle veve helĩhelĩ kple nu madzɔmadzɔ ƒe babla me.


ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo;


amesi ase fiƒodenya siawo avɔ tso, ade dzi ƒo na eɖokui agblɔ le eƒe dzi me bena; ne mese dzime le yiyim hã, ŋunye afa o, bena ne womagatsrɔ̃ amesi ɖi ko kple amesi tsikɔ le wuwum la siaa o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Eye mado dɔmedzoe ɖewo ŋu ɣemaɣi, magblẽ wo ɖi, eye maɣla nye ŋku me ɖe wo, be woatsrɔ̃ wo, dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe ava wo dzi; tete woagblɔ le ɣemaɣi bena: Menye esi Yehowa mele mia dome o la, vɔ̃ sia va mia dzi ɖo oa?


amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o,


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa