Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Efrayim enye nyivi mamlã, si nu luƒoƒo vivina: Mekpɔ eƒe kɔ nyui la ta vaseɖe fifi, ke azɔ matsi Efrayim ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:11
13 Mawu Ofanana  

Ɖe agbleŋlɔla nɔa nuŋɔŋlɔ dzi atraɖi, ne wòaƒã nua? De wòdzraa anyigba ɖo hedzobonɛ atraɖia?


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Gakɔkuti metsɔ de kɔ na dukɔ siawo katã, ne woanye Babel-fia Nebukadnezar te viwo, eye woasubɔe; gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ.


Nyinɔvi enye Egipte. Adzɔ̃e tso anyiehe gbɔna.


Nye domenyinu halawo, minɔ dzidzɔ kpɔm, eye minɔ aseye tsom ko, miɖi adzrɔ abe nyinɔvi, si le lu tugum la ene, eye mixlɔ̃ abe sɔtsu ene.


Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nyee lɔlɔ̃ka la wo he, mena na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“


Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo.


Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Ne nyitsu le mɔli tugum la, megabla nu nɛ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa