Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:1
24 Mawu Ofanana  

Elabena woawo hã wɔ nuxeƒewo, aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te.


Elabena Yuda, alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema nu wò mawuwo le ɖo, eye míeɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem-blɔwo ƒe xexlẽme nu na ŋukpenamawuwo, ne míado dzudzɔ le vasamlekpulawo dzi na Baal.


Yehowa Zebaot, amesi ɖe wò aganu to la, ɖo vɔ ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ƒe vɔ̃ɖi, si wowɔ hedo dzudzɔ na Baal, ne woatsɔ ado dziku nam la ta.


Ke afika wò mawu, siwo nèwɔna ɖokuiwò la le? Woawo nètso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã? Yuda, elabena alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo sɔ gbɔe!


Meƒo nu kple nyagblɔɖilawo, mede ŋutega gedewo fia, eye mede lowo to nyagblɔdilawo dzi.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.


Ke wogale nuvɔ̃wɔwɔ dzi; wotsɔ woƒe klosalowo kɔ nɔnɔmewoe, eye wotsɔ woƒe aɖaŋu wɔ legbawoe; gbede ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye; woawoe woƒoa nu na, eye vɔsalawo gbugbɔa nu na nyiviwo!


Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.


Medze sii be, nyee na bli, wein kple ami, klosalo kple sika geɖe, siwo ŋu dɔ wòwɔ na Baal lae o.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.


Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.


Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.


Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Nughlẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò: Kpɔ mɔ̃ sesẽwo ta, eye natsa ŋu te mɔ dzl, bla ali dzi, eye nade dzo la me vevie!


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa