Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”

Onani mutuwo Koperani




Hosea 1:7
26 Mawu Ofanana  

Eye esia anye dzesi na wò. Le ƒe sia me la miaɖu nusiwo mie le wo ɖokui si, eye le ƒe evelia me la miaɖu flu me nuwo, eye le ƒe etɔ̃lia me la miaƒã nu aŋe nu, eye miade weingblewo aɖu wo me kutsetsewo.


Makpɔ du sia ta, eye maɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta.


Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.


Esi woɖi abu va egbɔ la, Elisa do gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Na ameha sia ƒe ŋku nagbã! Eye wòna woƒe ŋkuwo gbã le Elisa ƒe nya la nu.


Fia ƒe dziɖuɖu mele aʋakɔ kpaŋkpaŋ me o, eye ŋusẽ geɖe meɖea kalẽtɔ o.


Elabena nyemele ŋu ɖom ɖe nye dati ŋu o, eye menye yie axɔ num o;


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Gbemagbe Yehowa ɖe Israel tso Egiptetɔwo si me, eye Israel kpɔ Egiptetɔwo ƒe kukuwo le ƒutsia nu.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Eyata Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wotso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu!


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Egblɔ bena. Amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me, ne miano anyigba, si Yehowa tsa na mia kple mia fofowo tso mavɔ me yi mavɔ me la dzi.


Migadze mawu fufuwo yome, ne miasubɔ wo ahade ta agu na wo o, eye migatsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam o, ekema nyemawɔ vɔ̃a ɖeke mi o.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Esi Amemalɔ̃e ɖi no nu la, egafɔ fu dzi ŋutsuvi.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa