Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hezekiel 24:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Do lo na ƒome sẽto la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsɔ gaze ɖo dzoe, tsɔe ɖo dzoe, eye naku tsi ɖe eme!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme.

Onani mutuwo Koperani




Hezekiel 24:3
30 Mawu Ofanana  

Emegbe Elisa gbugbɔ va Gilgal. Eye dɔ to le anyigba dzi, eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo bɔbɔ nɔ eŋku me. Tete wògblɔ na eƒe ɖekakpui bena: Ɖo ze gã dzoe, ne naɖa nu na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viawo.


Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


ekema maxaxa Ariel ɖo, konyifafa kple nuxaxa ayɔe, eye woazu Ariel vavã nam.


Yehowa be, baba na vi sẽtowo, amesiwo de adaŋu nye manɔmee, eye wobla nu nye gbɔgbɔ manɔmee, ne woali kɔ nuvɔ̃ de nuvɔ̃ dzi!


Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye;


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye zi evelia bena: Nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena: Mele ze, si le fiefiẽm la kpɔm, wòtrɔ ŋgɔ dze anyiehe.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Dzɔgbevɔ̃e atso anyiehe gome aƒo ɖe anyigba la dzinɔlawo katã dzi.


Dua manye kutu na mi, eye miawo mianye lã anɔ eme o, ke boŋ madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi,


woawoe le gbɔgblɔm be: Xɔtutu gbɔ metsɔ o; du la nye kutu, eye míawoe nye lã.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miaƒe ame kuku, siwo mietsɔ da ɖe dua me la, woawoe nye lã, eye eyamae nye kutu; ke miawo la, woakplɔ mi adzoe le eme.


Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.


Elabena Yehowa menye, nya, si gblɔm mele la, ava me, eye manɔ anyi eteƒe nadidi o; mi ƒome sẽto, mia ŋɔlie mawɔ nya, si mele gbɔgblɔm la dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Gblɔ na ƒome sẽto la bena: Miese nusia gɔmea? Gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Babel-fia va Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple eƒe amegãwo yi eɖokui gbɔ le Babel.


Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la


Esi wòƒo nu kplim la, gbɔgbɔ la ɖo menye, eye wòfɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye melé to ɖe amesi le nu ƒom kplim la ŋu.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, madɔ wò ɖe Israel-viwo, dukɔ dzeaglã, si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ, woawo kple wo fofowo trɔ ʋu le yonyeme va do egbenɔwo tsɛ.


Ke wosee o, womeɖasee o, woanyae be, nyagblɔɖila ɖe nɔ yewo dome kpɔ; elabena ƒome sẽto wonye.


Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;


Ke wò amevi, se nya, si gblɔ ge mala na wò, eye megasẽ to abe ƒome sẽto la ene o! Ke wò nu naɖu nusi tso ge mala na wò la!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na hlɔ̃dodu la, gaze, si lé ɣebia, eye eƒe ɣebia meɖe le eŋu o! Ɖe lãwo le eme kokoko, eye megadzidze nu ɖe edzi hafi o.


Mawɔ wò ŋku me wòase abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha; megavɔ̃ wo o, eye womegatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye.


Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa