Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke le aɖaka dzi la ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi; nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ le wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:5
15 Mawu Ofanana  

Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Eye Dawid tsɔ xɔ la ƒe akpata, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, dzisasrãwo kple xɔ emetɔwo kpakple nutsyɔnu la xɔ ƒe nɔnɔme de asi na via Salomo.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa