Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena wotu agbadɔ ŋgɔgbetɔ, si me akaɖiti kple kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔna, si woyɔna be kɔkɔeƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:2
21 Mawu Ofanana  

Emegbe natsɔ xé akpa kplɔ̃e; eƒe didime nanye abɔklugui eve, kekeme nanye abɔklugui ɖeka, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui ɖeka kple afã.


Eye natsɔ abolo aɖo kplɔ la dzi le ŋkunye me ɖaa.


Eyome natsɔ sika nyuitɔ awɔ akaɖitii; woatu akaɖitia, eƒe afɔ kple ati la, eye woawɔ kawo, seƒoƒowo kple woƒe tamekukuwo ɖe eŋu.


Tsɔ kuntru ewo wɔ nɔƒe la; eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ ɖetí ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze alɔ̃e, eye woalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


Ku xɔmetsovɔ la ɖe kuntru gbãtɔwo ƒe kpeƒe, eye natso nubablaɖaka la ada ɖe xɔmetsovɔ la godo, eye xɔmetsovɔ la natsɔ kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me na mi.


Tsa kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔa ŋgɔ le anyiehe gome, eye natsɔ akaɖiti la ada ɖe agbadɔ la ƒe dziehe gome le kplɔ̃ la kasa.


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Wɔ na Aron kple viaŋutsuawo pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene: ŋkeke adre sɔŋ naɖo wo.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la.


Tsɔ kplɔ la da ɖe eme, eye natsɔ ŋkumeɖobolo la ada ɖe edzi; emegbe nakɔ akaɖiti la ava eme, eye natɔ akaɖigbɛawo aɖo edzi.


Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa?


Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me.


eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa