Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:13
12 Mawu Ofanana  

amesiame, si tsɔ eƒe dzi ɖo Mawu Yehowa, fofoawo ƒe Mawu didi ŋu, nenye be, mewɔe ɖe kɔkɔeƒe la ƒe kɔkɔenyenye nu o hã.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Ne eŋu kɔ la, woaxlẽ ŋkeke adre nɛ,


Ale nawɔ na wo ákɔ wo ŋu enye si: Wu tsi, si ɖea nuvɔ̃ ɖa la, ɖe wo ŋuti, eye wòalũ fu le wo ŋuti katã, emegbe woanyã woƒe avɔwo, eye woakɔ wo ɖokui ŋu.


eye mede vovoa ɖeke mía kpli wo dome o, le esime wòklɔ woƒe dziwo me to xɔse me.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o.


Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa