Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:10
32 Mawu Ofanana  

Eye na bena, Aron kple viaŋutsuawo nate va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye nale tsi na wo.


Emegbe nana Aron kple viaŋutsuwo nate va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye nale tsi na wo.


Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!


Ne ènyã awu alo ava, nu lɔlɔ̃ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe, eye nu la do le me la, ekema naganyãe zi evelia, emegbe la eŋu kɔ.


Eye wòale tsi le teƒe kɔkɔe la, aɖo eƒe awuwo, eye wòado go amè eya ŋutɔ ƒe numevɔsa kple dukɔ la ƒe numevɔsa, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple dukɔ la.


Wòado awutewui ʋlaya la, eye wòado agbotɛ ɣi ɖe eƒe ama, abla alidziblanu yi la, eye wòatsɔ tablanu ɣi la abla tae. Awu kɔkɔewo wonye, wòale tsi hafi ado wo.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


ekema mano wein alo nu muamea ɖeke o, eye mano wein alo nu muame, si wotsɔ ɖo ƒãe la o, mano weintsetse me tsi o, manyi weintsetse o, eye maɖu weintsetse ƒuƒu hã o.


eye ne wotso asi me gbɔ la, ne womele tsi o la, womeɖua nu o, eye nu bubu geɖewo li, siwo ŋuti woléa ŋku ɖo le tsikpluwo kple zewo kple ganuwo kɔklɔ la me. —


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la;


esi wòɖe se la ƒe sededewo le nyaɖoɖowo me la ɖa le eƒe ŋutilã me, bene wòatsɔ wo ame eve la katã awɔ ame yeye ɖeka le ye ŋutɔ ɖokui me, eye wòwɔ ŋutifafa,


Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo katã naklɔ asi ɖe nyinɔ, si nu wòŋe kɔ le, le baba me la dzi


Ne ŋutsua ɖe le dowòme, amesi nyẽ tsi le zã me, eye eŋu meka o la, ekema wòado le asaɖa la me, eye mekpɔ mo ava asaɖa la me o.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Elabena metsɔ xexeme, si le vava ge, si ŋuti míeƒoa nu lena la, de mawudɔlawo ƒe ŋusẽ te o.


kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o.


eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ,


Elabena ne woɖuɖɔ nunɔlanyenye la, ele be, woaɖuɖɔ se la hã tsã.


amesi womeɖo le se, si nye ŋutilãtɔ la ƒe ɖoɖo nu o, ke boŋ le agbe mavɔ ƒe ŋusẽ la nu.


Azɔ la mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi kɔkɔeƒe li na nubabla gbãtɔ hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa