Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.”

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:5
18 Mawu Ofanana  

Etsɔ nusiwo katã wobu ɖe ta me la ƒe nɔnɔme de asi nɛ, siwo nye Yehowa ƒe aƒe la ƒe kpɔwo kple eŋu xɔwo katã godoo, Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒewo kple nu kɔkɔeawo dzraɖoƒewo;


Nusiawo katã Yehowa, amesi fia do siawo katã ƒe nɔnɔmem la ƒe asi ŋlɔ nam.


Kpɔ dzi, be nawɔe ɖe nɔnɔme, si wotia wò le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Alesi metia nɔƒe la tutume kple eŋuti nuwo katã wɔwɔ wò la, nenema pɛpɛpɛ miawɔe.


Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme, si wofia wo le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Ʋuƒo natsɔ awɔe, eye to nanɔ me. Alesi wolia wò le Noa dzi la, nenema nawɔe.


Sika wotsɔ tu akaɖiti blibo lae; ɖe wotu ati la kple eŋu seƒoƒoawo. Alesi Yehowa fia Mose la, nenema ŋu wowɔ akaɖiti la ɖo.


Eye esi Mawu gbe nya na wo le drɔ̃eƒe be, womagagbugbɔ ayi Herodes gbɔ o la, woto mɔ bubu gbugbɔ yi wo de.


Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene.


Esiawo nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.


Elabena esi wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o;


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


Vɔsamlekpui le mía si, esi ŋuti amesiwo subɔna le agbadɔ me la, womekpɔ mɔ be, woaɖu nu le o.


esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;


Elabena miebu be, ne woava bia mía kple míaƒe dzidzimeviwo gbaɖegbe la, ekema miagblɔ be: Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbe sia, si mia fofowo wɔ la ɖa, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, ke boŋ ne wòanye ɖase anɔ mía kple miawo dome.


Eye esia megbe la mekpe, eye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe gbedoxɔ le ʋuʋu le dziƒo;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa