Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Le esime wògblɔ be: „Nu yeye“ la, ena gbãtɔ do xoxo; ke nusi ɖo xoxo, eye wòtsi ŋutɔ la, te ɖe gbegblẽ ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:13
15 Mawu Ofanana  

Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.


Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o; Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Woamawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi ɖaa: eye wo katã anyunyɔ abe avɔ ene,


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


nenema ke hã Yesu zu nubabla, si nyo wu sã la ƒe asiƒuakɔla


Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su esi, abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene.


Elabena eka ŋku me na wo gblɔ be: „Kpɔ ɖa, Yehowa gblɔ bena: Ŋkekewo li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe la,


Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa