Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena mave woƒe madzɔmadzɔnyenyewo nu, eye nyemagado ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:12
17 Mawu Ofanana  

Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


Eɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


eye maklɔ wo ŋu tso woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la me, eye matsɔ woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye, eye wodze aglã ɖe ŋunye la, ake wo.


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le,


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa