Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye wo dome amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agble be: „Dzesi Yehowa“ o; elabena wo katã woanyam tso woƒe ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi, va se ɖe tsitsiawo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:11
18 Mawu Ofanana  

Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.


Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo, nenye be wotrɔ ɖe ŋunye tso woƒe dzi blibo me.


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Eye aʋafiawo katã, Yoxanan, Kareax vi, kple Yezanya, Hosaya vi, kpakple dukɔ blibo la, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi, va


eye wòyɔ Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã le eŋu, kpakple dukɔ blibo la tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi


Makplɔ Yuda ƒe ame susɔea, siwo tsɔ ŋku ɖo Egipte-nyigba dzi yiyi ŋu, be woaɖanye amedzro le afima la, eye wo katã woatsrɔ̃; woatsi Egipte-nyigba dzi, eye woatsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame si me: ɖeviwo kple tsitsiawo siaa aku ɖe yi kple dɔwuame si me, eye woazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu.


Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.


Eye wòadze sii be, nye Yehowa, woƒe Mawu la, meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la, wonye nye dukɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.


amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã.


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa