Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye le afisia la, amesiwo kuna la, xɔ nuwo ƒe ewolia: ke afime la, amesi ŋuti woɖi ɖase le be, ele agbe la, xɔnɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 7:8
12 Mawu Ofanana  

Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Elabena amekawoe see, eye wòve dome na wo mahã? Alo menye wo katãe, amesiwo Mose kplɔ do go tso Egipte la o mahã?


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


Eye ame mawo dome geɖeawo zu nunɔlawo, le esi ku gbe bena, woagatsi agbe o la ta;


Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ.


Eye woate ŋu agblɔ be: To Abraham dzi woxɔ nuwo ƒe ewolia le Lewi hã, amesi xɔa nuwo ƒe ewolia la si:


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa