Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 7:7
16 Mawu Ofanana  

Esiawo nye Israel ƒe to wuieveawo; eye esiawo nye nya, siwo wo fofo gblɔ na wo. Eyra wo dometɔ ɖesiaɖe wo tɔ wo tɔe.


Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!


Eye wote yi ŋgɔ heyra Israel ƒe ameha blibo la kple gbe sesĩ gblɔ bena:


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.


Miɖo to, mi dziƒowo, mele nu ƒo ge, eye anyigba, se nye numenyawo!


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le.


Eye le afisia la, amesiwo kuna la, xɔ nuwo ƒe ewolia: ke afime la, amesi ŋuti woɖi ɖase le be, ele agbe la, xɔnɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa