Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 7:3
11 Mawu Ofanana  

Kahat viwo nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel; eye Kahat tsi xa ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.


eye woƒo ha blibo la nu ƒu le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wode amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, ƒe ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu,


Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae;


Elabena woɖi ɖase le eŋu bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:


ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa