Elabena wò dɔlae nɔ ɖevia nu le fofonye gbɔ, eye medo ŋugbe ne be: ne nyemegakplɔ ɖevi la vɛ na wo o la, ekema manye fɔɖila le fofonye gbɔ le nye agbe me ŋkekewo katã me.
Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.
Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: „Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwo esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“