Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 7:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena woɖe se ŋgɔgbetɔ la ɖa le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple viɖe manyemanye ŋuti,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 7:18
15 Mawu Ofanana  

wotsoa afia na amesiame, si xɔ edzi se.


Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Nɔviwo, mele nu ƒom abe ame ene; ame ƒe nubabla, si dzi woɖo kpee la, amea ɖeke metunɛ alo tsɔa nane kpena ɖe eŋuti o.


Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.


Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


— elabena se la mewɔa naneke blibo o, — eye wotsɔa mɔkpɔkpɔ, si nyo wu sã la vɛ, esi me miato ale ɖe Mawu ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa