Hebritɔwo 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191311 Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã? Onani mutuwoAgbenya La11 Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o. Onani mutuwo |