Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 ke ne emie ŋuwo kple srẽwo la, ezu vlo, eye wòtso ɖe fiƒode gbɔ, esi ƒe nuwuwu nye fiafiã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 6:8
26 Mawu Ofanana  

Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi.


Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.


ke boŋ amesi be, yeade asi wo ŋu la, ele be, woatso ga kple akplɔti ɖe asi, eye wòatɔ dzo wo ɖe wo teƒe.


ekema ŋu nemie ɖe lu teƒe, eye gbe vɔe nemie ɖe ƒo teƒe! Hiob gblɔ eƒe nya vɔ.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Dzi mele kuyem o; ne makpɔ aŋɔkawo kple ŋuwò la, maho aʋa ɖe wo ŋu atɔ dzo wo katã;


Anɔ abe fekplɔ le gbegbe ene, eye ne dzɔgbenyuie va la, makpɔe o, anɔ kuɖiɖinyigba dzi kple dzeƒee le tagba, afisi menye ame nɔƒe o.


Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene!


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Eye wòde asi gbɔgblɔ me nɛ bena; Tso esia dzi yina la amea ɖeke maɖu wò kutsetsea ɖeke o halase tegbetegbe. Eye eƒe nusiawo see.


Eye Petro ɖo ŋku edzi gblɔ nɛ bena: Rabi, kpɔ ɖa, gboti, si neƒo fi ɖee la yrɔ.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.


ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.


Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa