Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena anyigba, si noa tsi, si dzana ɖe edzi agbadre, eye wòmiea amagbe, si nyo na amesiwo ŋlɔe la, xea yayra tsoa Mawu gbɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 6:7
17 Mawu Ofanana  

Eye Mawu gblɔ be: Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe, esiwo me ku le, le anyigba la dzi. Eye wòva me nenema.


Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene.


Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzadzɔ.


eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ kple dzɔdzɔenyenye tso eƒe xɔname ƒe Mawu la gbɔ.


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


mayra ɖe mia dzi le ƒe adelia me ale gbegbe be, miaƒe agblemenuwo nade ƒe etɔ̃ nu.


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.


Agbledela, si dzea agbagba la, ele nɛ be, wòatre kutsetse la ƒe ɖe ɖuɖu.


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa