Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.
Elabena mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpo bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ mahã? Eye wògagblɔ bena: „Nye la manye Fofo nɛ, eye eya hã lanye Vi nam“ mahã?
ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.