Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:2
24 Mawu Ofanana  

Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.


tamedadatɔwo ase nu gɔme, eye tosẽlawo asrɔ̃ nunya.


Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me!


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Ne ele nam be, maƒo adegbe la, maƒo adegbe le nusiwo le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gome la ŋuti.


Nenem me sia ŋuti maƒo adegbe le; ke le ɖokuinye ŋuti la nyemaƒo adegbe o, negbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti ko.


Ke mienyae bena, le ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti megblɔ nyanyuie fia mi zi gbãtɔ.


amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti,


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


eye miɖe mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, bena xɔdrɔ̃ la nagatre mɔ o, ke boŋ woada gbe le eŋu.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Nɔvinyewo, ne mia dome amea de tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye amea de gatrɔe vɛ la,


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Ke womeɖo to woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o, eye wodze mawu bubuwo yome de ta agu na wo, wote ɖa le mɔ, si dzi wo fofowo zɔ heɖo to Yehowa ƒe seawo la dzi, eye womewɔ nenema o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa