Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:14
24 Mawu Ofanana  

ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.


Eye wò dɔlanyɔnu bu be: Nye aƒetɔ fia la ƒe nya ana ɖoɖoe nazi: elabena nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe dɔla ene, amesi wòase nyuia kple vɔ̃a; eye Yehowa, wò Mawu, anɔ kpli wò.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Esi nèbia nusia, eye mebia be, nanɔ agbe didie o, mebia kesinɔnu o, eye mèbia wò futɔwo ƒe ku o, ke boŋ nèbia nunya, be naŋɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me la,


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


Ɖe to medoa nya kpɔna, abe alesi veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene oa?


Elabena to doa nya kpɔna, abe alesi veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene.


Ɖe alakpa le nye aɖe dzia? Eye ɖe nye veme madze si nu vlo oa?


Wo nyawo vivi na nye veme wu anyitsi le nye nu me.


Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.


Alesi atɔlɔŋutiti le avemetiwo domee la, nenema nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo domee. Melɔ̃a eƒe vɔvɔli te nɔnɔ, eye eƒe kutsetsewo vivina le nye nu me.


Notsi kpekẽ kple anyitsi wòano, vaseɖe esime wòanya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia.


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,


halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,


Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke, eye ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.


Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.


Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa