Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nusiawo ŋutie nya geɖe le mía si be, míagblɔ, eye wo gɔmeɖeɖefia nye do, le esi míenye kuviatɔwo le nyasese me la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nya geɖewo li si wòle be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la, esesẽna be míaɖe nya siawo me na mi.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:11
12 Mawu Ofanana  

Esi Saba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi kpe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti la, ehe adzo o owo ɖe asi, ne yeava adoe akpɔ.


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe miese nu gome haɖe ke o mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.


Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi, gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.


Ke egblɔ esia, be wòadoe akpɔ; elabena eya ŋutɔ nya nusi wɔ ge wòala.


Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.


Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.


abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa