Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 4:8
13 Mawu Ofanana  

eya ƒe vi nye Nun, eya ƒe vi nye Yosua.


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.


vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa