Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Edze ƒãa be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu ge ɖe eme o le woƒe tosesẽ ta.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 4:6
14 Mawu Ofanana  

Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Eyata matsɔ dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo, eye mana dukɔ gãa ɖe, si asẽ ŋu wu wo la, nadzo tso mewo


Ke makplɔ mia vi, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu la, ayi edzi, bena woakpɔ anyigba, si miedo vloe la.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;


Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa