Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 4:16
18 Mawu Ofanana  

Eye Dawid tsɔ xɔ la ƒe akpata, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, dzisasrãwo kple xɔ emetɔwo kpakple nutsyɔnu la xɔ ƒe nɔnɔme de asi na via Salomo.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


amesi me miekpɔ dzideƒo kple mɔnu le dziɖoɖo ɖe eŋu me to eyama dzixɔxɔse me.


Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


— elabena se la mewɔa naneke blibo o, — eye wotsɔa mɔkpɔkpɔ, si nyo wu sã la vɛ, esi me miato ale ɖe Mawu ŋuti.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Ke le aɖaka dzi la ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi; nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ le wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.


mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa