Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 4:15
20 Mawu Ofanana  

Migase ŋuta le amedzrowo ŋu o, elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi wònɔna na amedzrowo, elabena míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ?


Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye esi wòku la, enɔ vodalawo dome, evɔ wònye mesẽ ŋuta o, eye alakpa menɔ eƒe nu me kpɔ o hafi.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o.


Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ.


Ke miawo la mieɖo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me;


eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ. Eye meɖu naneke le ŋkeke mawo me o, eye esi ŋkekeawo wu nu la, dɔ wui.


Ameka le mia dome ali nuvɔ̃ ɖe dzinye mahã? Ne megblɔ nyateƒe la, nukaŋuti miexɔm se o mahã?


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa