Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 4:13
37 Mawu Ofanana  

Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme.


ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi,


Tsiẽƒe tsi go le eŋku me, eye woklo nu le ketu me dzi,


Elabena etsɔ ŋku ɖo amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.


De woʋu ku ƒe agbo na wò, eye nekpɔ blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe agbo kpɔa?


Elabena nyaa ɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!


Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu.


Tsiẽƒe kple aʋlime le nuvo le Yehowa ŋku me, ʋuu keke wòahayi amegbetɔtowo ƒe dzi nye ge!


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


Elabena amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã.


Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.


Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womeɣla ɖem o, eye woƒe vodadawo mebe ɖe nye ŋkuwo o.


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ.


bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Ke Yesu ŋutɔ medo ŋu ɖe wo ŋu o; elabena edze si wo katã;


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa