Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena zi geɖe alesi amesi dzra aƒe ɖo la kpɔa bubu gã wu aƒea la, zi geɖe ma ke wobu eyama be, edze ŋutikɔkɔe gã xɔxɔ wu Mose.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:3
11 Mawu Ofanana  

Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la,


eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã;


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Elabena aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu.


ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa