Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye míekpɔ bena, womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la me o le woƒe dzimaxɔse ta.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:19
10 Mawu Ofanana  

Wodo vlo anyigba nyo la, eye womexɔ eƒe nyawo dzi se o,


Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Eye gake woamawo hã, nenye ɖe wometsi dzimaxɔse dzi o la, woagatsɔ wo ado ɖe eme, elabena Mawu ate ŋu agado wo ɖe eme.


Ke miebui o, eye miegbe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu


bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.


Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa