Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eyata nenem dzidzime sia ƒe nu ku dzi nam, eye megblɔ be: Ɖaasi woƒe dzi tra mɔ; ke womenya nye mɔwo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi, eye womenya nye mɔwo o!’

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:10
20 Mawu Ofanana  

eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ.


Emewɔ alea na dukɔa ɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o. Mikafu Yehowa!


Mawu, ve mía nu, eye nayra mí, na wò mo naklẽ na mí, Sela,


Zi nenie womehedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o!


ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Ke esi ame ewo la see la, eve dɔme na wo ɖe nɔvi eveawo ŋuti.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Ke ne Mawu ƒe nyateƒea zu gã wu to nye aʋatsokaka me hena eƒe ŋutikɔkɔe la, nukaŋuti woadrɔ̃ ʋɔnu nye hã abe nuvɔ̃wɔla ene mahã?


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa